1 John 2

1Vinye lɔlɔ̃awo mele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake me ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, Yesu Kristo si nye Kɔkɔetɔ la, li na mí eye aƒo nu aʋli mía ta le Fofo la gbɔ. 2Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexeame blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã tae.

Xɔse ƒe dodokpɔwo

3Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã. 4Ame si agblɔ be “Menyae,” gake mewɔ ɖe aƒe sededewo dzi o la, ame ma nye alakpatɔ eye nyateƒe mele eme o. 5Gake ne ame aɖe wɔa eƒe nya dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã. Eye aleae míawɔ anya be míele eya amea me: 6ame si gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene.

7Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ, se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo. 8Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi, si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo. 9Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko. 10Ame si lɔ̃a nɔvia la, ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be woakli nu o. 11Gake ne ame aɖe lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me eye wòzɔna le viviti me menya afi si wòɖo tae o elabena viviti la tsyɔ mo nɛ.

12Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,
Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi
Le eƒe ŋkɔ la ta.
13Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si
Nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi
Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,
Elabena mienya Fofo la.
14Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si
Nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena miesẽ ŋu,
Mawu ƒe nya la le mia me
Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.

Migalɔ̃ xexeame o

15Migalɔ̃ xexeame kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la ekema melɔ̃a Fofo la o. 16Elabena nu sia nu si le xexeame la metso Fofo la gbɔ o ke boŋ etso xexeame. Nu siawoe nye, amegbetɔ nu vɔ̃ wɔla ƒe didi vivivowo, eƒe ŋkubiabiã, kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi. 17Xexeame kple eƒe didiwo nu ava yi gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.

Nuxɔxlɔ̃ le Kristo ƒe futɔ la ŋuti

18Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛatɔ ɖo. 19Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ wonye vavã la anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtee be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.

20Ke miawo la, Kɔkɔetɔ la ƒe amisisi le mia dzi eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyateƒe la. 21Nyemeŋlɔ ɖo ɖe mi esi mienya nyateƒe la ta o, ke boŋ be mienya nyateƒe la, elabena alakpa mate ŋu ado tso nyateƒe me o. 22Ame kae nye aʋatsokala la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Mesia alo ɖela la o lae. Ame sia enye Yesu ƒe futɔ la si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ. 23Ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, menya Fofo la hã o; ke ame si xɔ Vi la la, eya amea xɔ Fofo la hã.

24Ke miawo la, mikpɔ egbɔ be mielé nu si miese tso gɔmedzedzea me la ɖe asi. Ne miewɔ esia la ekema miayi dzi anɔ Vi la kple Fofo la me. 25Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na mí la enye agbe mavɔ la.

26Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi tso ame siwo le agbagba dzem be yewoahe mi ayi mɔtatra dzii la ŋu. 27Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la, nɔa mia me eye megahĩa be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe amisisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti eye esi amisisi sia nye nyateƒetɔ eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene.

28Azɔ la vinye lɔlɔ̃awo minɔ agbe le eya amea me elabena kakaɖedzi anɔ mía si eye ŋu makpe mí le eŋkume le eƒe vava ŋkekea dzi o. 29Ne mienyae be enye dzɔdzɔetɔ la akema ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la nye via.

Copyright information for EweBEE